Hosea 8:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wolɔ̃ vɔsasa; wotsɔa lã saa vɔe eye woɖunɛ. Ke woƒe nu medze Aƒetɔ ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vododawo dzi, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta. Woagbugbɔ ayi Egipte.