Hosea 9:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le afi sia la, womaɖe mɔ be miatsɔ wain asa vɔe na Yehowa o, elabena vɔsa siwo katã woawɔ le afi ma la ƒe ɖeke madze eŋu o; vɔsa siawo ŋuti mekɔ o, ɖeko wole abe kuteƒenuɖuɖu ene, eye ame siwo katã ɖui la, woawo hã ŋuti mekɔ o. Woate ŋu aɖu nu siawo be woaɖi ƒo, gake menye be woatsɔe asa vɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womaƒo wein ɖe anyi na Yehowa o, eye woƒe akpedavɔsawo maɖo dzidzɔ nɛ o; kuteƒenuɖuɖu wònye na wo; amesiwo katã ɖui la, agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui; elabena woƒe nuɖuɖu la, woƒe ɖɔ nu koe wòle ɖo, wometsɔe va Yehowa ƒe mee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womaƒo wain ɖe anyi na Aƒetɔ o. Womatsɔ woƒe vɔsawo ado dzidzɔ nɛ o. Woƒe nuɖuɖu anɔ abe konyifalawo ƒe nuɖuɖu ene, eye eɖulawo katã agblẽ kɔ ɖo, elabe woƒe nuɖuɖu atsi dɔwuame ko nu na wo; mava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o.