Isaiah 1:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miaƒe vɔsa gbogboawo ɖe, nu ka wonye nam?” Yehowae gblɔe. “Miaƒe numevɔsa siwo miewɔna kple agbowo kple lã damiwo ƒe ami la, wu tsɔtsɔ nam. Nyitsuwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu medoa dzidzɔ nam o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be, Nuka miaƒe akpedavɔsa gbogboawo awɔ nam? Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Nu kae mawɔ kple miaƒe vɔsasa gbogboawo? Agbo siwo miemèna saa vɔe nam kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam. Nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu va wu tsɔtsɔ nam.