Isaiah 1:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ! Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo medoa dzidzɔ nam o. Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi siwo nye dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migatsɔ nu dzodzro va sa vɔe azɔ o; dzudzɔdodoa nye ŋunyɔ nam. Ke ku ɖe dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo ƒe ŋkekenyuiwo ŋu la, nyemate ŋu atsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple subɔsubɔtakpekpewo o.