Isaiah 1:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miele gbe dom ɖa, keke miaƒe abɔwo me la, maɣla nye ŋkume ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemaɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mieke abɔwo me la, maɣla ŋkume ɖe mi. Ne miedo gbe ɖa kakaka hã la, magbe esese, elabe miaƒe asi ƒo ʋu blibaa.