Isaiah 1:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Miva ne míalé nya la kpɔ. Togbɔ be miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Togbɔ be wobiã abe aɖabɛ ene la, woafu abe alẽfu ene.