Isaiah 1:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyitsu nyaa ame si tɔ wònye, eye tedzi nyaa afi si eƒe aƒetɔ daa nuɖuɖu ɖo nɛ. Gake Israel menyam o; nye dukɔ mesea nu gɔme nam o.”