Isaiah 1:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O! Dukɔ si wɔ nu vɔ̃, ame siwo dzi nu vɔ̃ do agba ɖo, nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi siwo nye nu tovo wɔlawo, wogbe nu le Yehowa gbɔ, wodo ŋunyɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eye wotrɔ megbe dee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Baba na dukɔ wɔnuvɔ̃ si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo la. Nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi gbegblẽwo. Wogblẽ Aƒetɔ ɖi, wodo vlo Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, wotrɔ megbe dee.