Isaiah 1:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta miedi be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi? Miaƒe ta katã xɔ abi, eye miaƒe dzi katã hã xɔ abi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi, be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Ta blibo la dze dɔ. Nu te dzi blibo la ŋu keŋkeŋ.