Isaiah 1:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miaƒe anyigba zu gbegbe, wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume, du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo, eye wogblẽ miaƒe anyigba abe ale si amedzrowo wɔna ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miaƒe anyigba zu gbegbe, eye dzo fiã miaƒe duwo. Miaƒe ŋkume ale ko, amedzrowo xɔ miaƒe anyigba le mia si, wòzu gbegbe, abe ale si amedzrowo gblẽa nui ene.