Isaiah 10:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena egblɔ be, “ ‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la, mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena egblɔ be: Nye asi ƒe ŋusẽ kple nye nunya metsɔ wɔe, elabena mese nu gɔme, meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe egblɔ be: “Nye ŋutɔe tsɔ nye asi kple nunya wɔe, elabe mese nu gɔme. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa heha woƒe kesinɔnuwo, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene.