Isaiah 10:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la, nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe; abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la, nenema melɔ xexeme dukɔwoe: ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nye asi tu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo abe xevitɔ ene, abe alesi wolɔa azi, siwo dzi xeviwo dzo le lae la, nenema mele anyigba blibo lae, eye amea ɖeke meƒo aʋala alo ke dɔ heyi xɔxlɔ̃ ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye asi su dukɔwo ƒe kesinɔnuwo dzi abe xevitɔ ene. Abe ale si wolɔa azi siwo xeviwo gblẽ ɖi ene la, nenemae melɔ anyigba blibo lae; ame aɖeke meƒo aʋala alo kè dɔ hexlɔ̃ fĩ o.”