Isaiah 10:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma. Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe fía ado eɖokui ɖe dzi le ame si le eŋudɔ wɔm la ŋkumea? Alo laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe ame si le ehem la ŋua? Ɖe ameƒoti awɔ ame si kɔe dzi la ŋu dɔa? Alo ɖe atizɔti atɔ̀ amea?