Isaiah 10:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ava eme le ɣe ma ɣi me be Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe, ame siwo tsi agbe la, magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o, ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòava me le ɣemaɣi be, Israel ƒe ame susɔeawo kple Yakob ƒe aƒe ƒe ame sisiwo magaɖo dzi ɖe amesi ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ava eme gbe ma gbe be Israel ƒe ame susɔeawo, Yakob ƒe ƒome la, ƒe ame siwo tsi agbe la magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.