Isaiah 10:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria, ame si ƒo mi kple ameƒoti, eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Nye dukɔ, si le Zion, megavɔ̃ Asur, si tso ati, be yeaƒo woe, eye, wòka atizɔti dzi ɖe ŋuwò abe Egipte ene la o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la le gbɔgblɔm be: “Nye dukɔ si le Zion, mègavɔ̃ Asiriatɔwo ne wotsɔ ati ƒo wò, eye wòkɔ kpo dzi ɖe ŋuwò abe Egiptetɔwo ene o.