Isaiah 10:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si ko miawɔ lae nye be miabɔbɔ ɖe gamenɔlawo dome, eye miadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Togbɔ be nu siawo katã dzɔ hã la, Aƒetɔ ƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.