Isaiah 13:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mahe to na xexea me ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta, eye mahe to na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nuvɔ̃wo ta. Mana dàdalawo ƒe dàda nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.