Isaiah 13:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame maganɔ afi ma, atso aƒe ɖi o, tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖi o, eye alẽkplɔlawo makplɔ woƒe lãwo ayi afi ma woatsyɔ akɔ ɖi o.