Isaiah 13:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miƒu to anyi, ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã aɖewoe le afi ma ene. Miƒu to anyi, zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe le ƒu ƒom ene. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miƒu to anyi, zi le ɖiɖim le towo dzi abe dukɔ geɖewo tɔ ene; fiaɖuƒewo kple anyigba dzi dukɔ, siwo kpe ta la ƒe howɔwɔ le ɖiɖim. Yehowa Zebaot le aʋakɔwo xlẽm!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miƒu to anyi ne miase zinyenye ɖa le toawo dzi! Ele ɖiɖim abe ameha gã aɖe tɔ ene. Miɖo to miasee ɖa! Fiaɖuƒewo kple dukɔ siwo le ta kpem la ƒe hoowɔwɔe le ɖiɖim. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le aʋakɔwo nu ƒom ƒu be woawɔ aʋa.