Isaiah 14:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti. Nyẽwo le dodom le tewò, eye ŋɔviwo le tatam le dziwò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖiɖi wò atsyɔ̃ yi tsiẽƒe; wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi hã yi. Nyéwo nye aba le tewò, eye ŋɔwo nye avɔ nètsyɔ.