Isaiah 14:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o, elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me, eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi, eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Filisti-nyigba blibo la, meganɔ dzidzɔ kpɔm le esi ati, si ƒo wò la ŋe ta o! Elabena ƒli ado tso da ƒe ke me, eye eƒe kutsetse anye da toaʋala.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O Filisti-nyigba blibo la, mèganɔ dzidzɔ kpɔm be ati si ƒo wò la ŋe o, elabe dakpui ado tso da ƒe kè me, eye eƒe kutsetse anye da vɔ̃ɖi si to aʋala.