Isaiah 14:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe, eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me. Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame dahewo ƒe ame dahewo aɖu nu, eye hiãtɔwo anɔ anyi bɔkɔɔ, ke matsɔ dɔwuame awu wò ke, eye matsrɔ̃ wò ame susɔeawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Manyi ame dahewo ƒe ŋgɔgbeviwo, eye hiãtɔwo amlɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me. Ke matsɔ dɔwuame awu wò kè, eye woatsrɔ̃ wò ame susɔeawo.