Isaiah 14:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be woado go wò ne èva. Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò, ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ. Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso le woƒe fiazikpuiwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsiẽƒe le to me ʋĩi, tso hiã be ne èva ɖo la, yeakpe wò. Enyɔ ame kukuwo kple kplɔlawo katã le anyigba dzi be woado dzaa na wò. Ena dukɔwo ƒe fiawo katã tsi tsitre le woƒe fiazikpuiwo dzi.