Isaiah 15:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wosa akpanya ɖe ali le eƒe kpɔdomewo, amesiame le konyi fam le eƒe xɔtawo kple ablɔwo me, eye aɖatsi le dodom yoyoyo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wosa akpanya ɖe ali le ablɔwo me. Le xɔtawo kple kpɔdomeewo la, ame sia ame le avi fam, aɖatsi le dodom yoyoyo.