Isaiah 15:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nye dzi le nu xam le Moab ŋu. Eƒe aʋasilawo si yi keke Zoar, eye wode Eglat Selisia ke. Woyi Luhit to dzi kple avifafa, eye le Horonaim mɔ dzi la, wonɔ konyi fam tso woƒe gbegblẽ ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye dzi le nu xam le Moab ŋu, eƒe amewo sí aʋa yi Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke. Elabe wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi elabe konyifaɣli le ɖiɖim le wo nu le Xoronaim-mɔta.