Isaiah 16:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ ta Yehowa gblɔ be: Le ƒe etɔ̃ me tu-tutu abe agbatedɔwɔla ƒe ƒe ene la, maɖi gbɔ Moab ƒe ŋusẽ hekpe ɖe eƒe ameha gbogboawo ŋu, eye susɔea anɔ ʋee, manɔ nemi me hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ la, Aƒetɔ be: “Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe ƒedɔwɔla ƒe ƒè ene la, Moab ƒe ŋusẽ ava anyi, togbɔ be eƒe amewo sɔ gbɔ ŋutɔ hã. Ame siwo susɔ la anɔ ʋɛ, eye woanye ame gblɔewo.”