Isaiah 16:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò, eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.” Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso. Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Na Moab ƒe amesiwo wonyã de gbe la, nanɔ gbɔwò, eye nanye sitsoƒe na wo tso nugblẽla si me, vaseɖe esime ŋutasesẽ nu natso, tsɔtsrɔ̃ nawu enu, eye amefanyala nate ɖa le anyigba dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na Moab ƒe ame siwo wonyà de gbe la nanɔ gbɔwò. Nànye sitsoƒe na wo tso nugblẽla la si me; va se ɖe esime ŋutasesẽ nu natso, tsɔtsrɔ̃ nawu enu, eye amefanyala nate ɖa le anyigba la dzi.