Isaiah 17:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israeltɔ ene.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Efrayim ƒe mɔ̃ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi, eye Aram ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israel-viwo tɔ ene, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Efrayim ƒe mɔ́ kple Damasko ƒe fiaɖuƒe nu ayi. Siria ƒe ame susɔeawo ƒe ŋusẽ anɔ abe Israelviwo tɔ ene. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.