Isaiah 17:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke ma dzi la, woƒe du sesẽ siwo wogblẽ ɖi na Israelviwo hesi dzo la anɔ abe gbegbe ene, eye woazu aƒedo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi la woƒe du sesẽwo azu gbegbe, abe Xiwitɔwo kple Amoritɔwo ƒe aƒedo, siwo wogblẽ ɖi hesi le Israel-viwo nu la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, wò du sesẽwo azu gbegbe, abe Xivitɔwo kple Amoritɔwo ƒe aƒedo siwo wogblẽ ɖi hesí le Israelviwo nu la ene.