Isaiah 18:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyanyra si fiana dzea amewo dzi hetsrɔ̃a wo; dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisi geɖewo si to.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
anyigba, si dɔ amewo ɖo ɖe atsiaƒu dzi, eye wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi! Mi dɔla ɖablɛwo, miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre la gbɔ, dukɔ, si wovɔ̃na dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò, si dɔ amewo ɖe atsiaƒu dzi wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi la! Mi dɔla ɖeablawo, miheyi dukɔ si ƒe amewo kɔ, ame siwo ƒe ŋutigbalẽ zrɔ̃ la gbɔ. Dukɔ si wovɔ̃na tso dzɔdzɔme ke le didiƒe kple kpuiƒe. Dukɔ sesẽ si ɖua nu sia nu dzi, eye tɔsisiwo to eƒe anyigba me la.