Isaiah 18:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɣe ma ɣi la, dukɔ si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ si wovɔ̃na le didiƒe ke, dukɔ si kli tsu, eye wònyaa avuzi le ame dzi, dukɔ si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa le Zion to la gbɔ, afi si wosubɔnɛ le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi la dukɔ, si dza atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ, si wovɔ̃na le dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa Zebaot, ayi Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ ƒe nɔƒe, ayi Zion-to la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la axɔ nunanawo tso dukɔ si ƒe amewo kɔ kple ame siwo ƒe ŋutigbalẽ zrɔ̃ la gbɔ. Dukɔ si wovɔ̃na tso dzɔdzɔme ke le didiƒe kple kpuiƒe; dukɔ sesẽ si ɖua nu sia nu dzi, eye tɔsisiwo to eƒe anyigba me la gbɔ le Zion-to la dzi, afi si wosubɔa Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le la.