Isaiah 19:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zoan-megãwo nye bometsilawo sɔŋ; Egipte Fiagã ƒe adaŋudela nyanuawo gblɔa tagbɔkukunya. Ale ke miate ŋu agblɔ na Egipte Fiagã be: “Nunyalawo ƒe vie menye, blemafiawo ƒe dzidzimevie menye” mahã?