Isaiah 19:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣemaɣi la du atɔ̃ anɔ Egipte-nyigba dzi, siwo agblɔ Kanaan-gbe, woaka atam na Yehowa Zebaot, eye woayɔ wo dometɔ ɖeka be dzɔdzɔenyenyedu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, du atɔ̃ agblɔ Kanaan-gbe le Egipte-nyigba dzi. Du siawo aka atam na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Ɣedu.