Isaiah 19:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mado avu na Egipte kple Egipte, nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe, ne woawo ana kple wo nɔewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana avu nadzɔ ɖe Egiptetɔ kple Egiptetɔ dome. Nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe awɔ aʋa.