Isaiah 19:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
si anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Yehowa Zebaot le Egipte-nyigba dzi, eye ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe ketɔ, wo ta la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo, amesi awɔ aʋa aɖe wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu sia anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le Egipte-nyigba dzi. Ne ameteɖeanyilawo te wo ɖi, eye wodo ɣli yɔ Aƒetɔ la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo be wòaʋli wo ta ahaɖe wo.