Isaiah 19:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, eye Egiptetɔwo adze si Yehowa ɣemaɣi, woatsɔ akpedavɔsa kple nuɖuvɔsa asubɔe, woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, eye Egiptetɔwo adze si Aƒetɔ ɣe ma ɣi. Woatsɔ akpedadavɔsa kple numemevɔsa asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, eye woawɔ edzi.