Isaiah 20:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ɣemaɣi Yehowa ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi bena: Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ. Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ɣe ma ɣie Aƒetɔ ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi. Egblɔ nɛ be: “Yi nàɖe akpanya si nèsa ɖe ali la ɖi, eye nàɖe afɔkpa hã.” Ewɔ ɖe edzi. Enɔ amama, nɔ afɔ ƒuƒlu henɔ yiyim.