Isaiah 20:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ƒuta sia nɔlawo agblɔ le ɣemaɣi bena: Kpo ɖa, ale wòzu na amesiwo ŋu miele ŋu ɖom ɖo la enye si, amesiwo míesi yi ɖaɖo, be woaɖe mí tso Asur-fia si me. Aleke miawo míawɔ asi?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ƒutanɔlawo agblɔ gbe ma gbe be: ‘Mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo ŋu míele ŋu ɖom ɖo kple ame siwo gbɔ míesí va bè ɖo, be woaɖe mí tso Asiria-fia si me dzi la ɖa! Ke míawo ɖe, ale ke míasí le enui?’ ”