Isaiah 22:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe eɖokui fia hegblɔ ɖe to me nam be: “Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, va se ɖe esime miaku! Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe!”