Isaiah 22:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be gbe ma gbe la, tsyoti si woƒo ɖi sesĩe la, aglí, aŋe, eye wòage adze anyi. Agba si le eŋu la akaka gbẽe elabe Aƒetɔ lae gblɔe.”