Isaiah 22:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple toto ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ŋkeke le Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la si, eye wòana zitɔtɔ, tsɔtsrɔ̃ kple tɔtɔtɔ nava ŋutegabali la me. Woamu gliwo aƒu anyi, eye woadi xɔxɔ ado ɣli ɖo ɖe to la gbɔ.