Isaiah 23:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O! Tarsis ƒe vinyɔnu, de agble ɖe Nil tɔsisi la to, elabena melidzeƒe megali na wò o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbagba ɖe wò anyigba dzi abe Nil ene, wò Tarsis-nyɔnuvi, alidziblanua ɖeke megali o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò Tarsis vinyɔnu, ɖɔ nàgbã go ɖe wò anyigba dzi abe Nil-tɔsisi ene; ame aɖeke maxe mɔ na wò o.