Isaiah 23:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋu nekpe wò, O! Sidon, wò mɔ sesẽ si le ƒuta, elabena atsiaƒu gblɔ na wò be, “Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o. Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Sidon, ŋu nekpe wò elabe atsiaƒu ƒo nu, atsiaƒu ƒe mɔ́ sesẽ le gbɔgblɔm be: “Fu meɖum o; nyemedzi vi o, nyemenyi ɖekakpui kple ɖetugbiwo wotsi o.”