Isaiah 24:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woava me na dukɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe eƒe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe eƒe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe agbanadola ene, eye fenyila abe fetɔ ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anɔ na dukɔmetɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe nugbanadola ene, fenyila abe fetɔ ene.