Isaiah 24:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema ɣleti ƒe nu aku, eye ŋukpe alé ɣe elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia eƒe ame tsitsiwo.