Isaiah 25:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena Yehowa, wòe nye sitsoƒe na ame dahewo, xɔnametɔ na hiãtɔwo le xaxa me, bebeƒe le ahom me kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu helĩhelĩ nu. Ŋutasẽlawo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo abe yatsi si le ƒoƒom ɖe gli ŋu la ene,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena mo sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe mɔ́ sesẽ nènye na ame beliwo, sitsoƒe na hiãtɔwo le xaxa me, beɖoƒe le dziya nu kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu nu. Ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe ale si yatsi ƒoa glie ene.