Isaiah 25:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye abe dzoxɔxɔ sesẽ tso gbegbe ene; èna amedzrowo ƒe hoowɔwɔ nu tso abe ale si ne lilikpo xe ɣe ŋkume la, eƒe dzoxɔxɔ ɖiɖinae ene. Aleae nètsi ame nyanyrawo ƒe hadzidzi nue.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ete du bubu me towo ƒe nyanyrã ɖe to abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene; etsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsoha nu, abe alesi alilikpowo ƒe vɔvɔli tsia ŋdɔkutsu nu ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ète amedzrowo ƒe nyanyra ɖe to, abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene, eye nètsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsotso nu, abe ale si vɔvɔli nana be anyinu fana le ŋdɔkutsu nu ene.