Isaiah 25:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe na dukɔwo katã le to sia dzi. Nuɖuɖu viviwo kple wain si woda ɖi eteƒe didi; nuɖuɖu vivi siwo me ƒutomemi le kple wain siwo nɔ anyi dedie, eye wo me dza la.