Isaiah 25:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woagblɔ gbe ma gbe be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu lae nye esi. Eyae míekpɔ mɔ na be axɔ na mí. Eyae nye Aƒetɔ si míekpɔ mɔ na. Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ta.”