Isaiah 26:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, wò alɔ le dzi, ke womele ekpɔm o. Na woakpɔ ale si nètsɔa dzo ɖe wò dukɔ ŋui la ɖa, ne ŋu nakpe wo vevie. Na dzo nafiã wò ketɔwo.